Matthew 16

Farisitɔwo kple Zadukitɔwo bia dzesi

(Marko 8:11-13; Luka 12:54-56)

1Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va bena yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo. 2Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la nenye be fiẽ ɖo la miegblɔna be, ‘Yame akɔ elabena yame biã’, 3eye le ŋdi miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu elabena akpɔ̃ ɖo eye yame biã.’ Mienyaa ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o. 4Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi eye wòdzo.

Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu

(Marko 8:14-21)

5Wogatso ƒua yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. 6Yesu xlɔ̃ nu wo veviẽ gblɔ bena, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.”

7Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o tae wògblɔ nya siawo ɖo.

8Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo bena, “O! Mi xɔse ʋeetɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o? 9Nu ka wɔ miate ŋu ase nu gɔme o? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ kple abolo atɔ̃ eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? 10Esi menyi ame akpe ene ɖe, mieɖo ŋku edzi be abolo gbogbo aɖe gasusɔ oa? 11Aleke wɔ miedze sii kpɔ bena menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o? Megale egblɔm na mi be, Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋanu ŋuti.”

12Ke azɔ la wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.

Petro ʋu Yesu me

(Marko 8:27-30; Luka 9:18-21)

13Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be menye?”

14Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be Yohanes Mawutsidetanamela nenye. Ɖewo be Eliyae nènye bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”

15Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?”

16Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mesia la, kple Mawu gbagbe la ƒe Vi.”

17Yesu gblɔ nɛ bena, “Mawu ne yra wò, Simɔn Yona vi. Elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. 18Nye hã mele egblɔm na wò bena, Wòe nye petro si gɔmee nye kpe eye nenem kpe gbadza sia dzie maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. 19Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”

20Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie bena womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Mesia la o.

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

(Marko 8:31—9:1; Luka 9:22-27)

21Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nusiwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo bena, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo awɔ fu ye eye woawu ye gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, yeafɔ ɖe tsitre.

22Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ bena, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò, nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”

23Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ bena, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm tso amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”

24Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonye me. 25Elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu fãa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. 26Viɖe kae wòanye na mi nenye be xexeame katã zu mia tɔ gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si agasɔ kple agbe mavɔ? 27Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu. 28Eye mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la, anɔ agbe akpɔm mava kple nye Fiaɖuƒe la.”

Copyright information for EweBEE